2 Corinthians 6

1Esi mí kata míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi bena migado vlo Mawu ƒe amenuveve la o. 2Elabena Mawu gblɔ be, “Meɖo to wò le nye amenuveɣi la, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe la.” Mele egblɔm na wò be fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa fifi enye xɔxɔgbe!

Paulo ƒe fukpekpe

3Míedi be ame aɖeke nakpɔ vodada le dɔ si wɔm míele na Aƒetɔ la ŋu o.

4Eya ta le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene. 5Woƒo mí eye wode mí gaxɔ me, ame siwo lɔ veve helihelĩ ɖe dzime la tso ɖe mía ŋu kpɔ, míewɔ dɔ sesĩe ale be ɖeɖi te mía ŋu kpɔ; míetsia zãdomadɔlɔ̃e eye dɔ wua mí. 6Le nu sia nu me la, míeɖea mía ɖokuiwo fiana abe mawuviwo ene eye míenɔa anyi le dzadzɛnyenye me. Míegbɔa dzi ɖi eye míenyoa dɔme na ame sia ame. Ale si míedze si Aƒetɔ lae ŋu míezɔna ɖo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ mí fũu eye míezɔna le eme kple lɔlɔ̃ si me alakpa mele o. 7Míezɔna le Mawu ƒe nyateƒe kple eƒe ŋusẽ me, esi nana be míekpɔa dziɖuɖu ɣesiaɣi. Eye ame dzɔdzɔewo ƒe aʋawɔnu siwo le nuɖusime kple miame la le mía si.

8Nenye be amewo de bubu mía ŋu alo do ŋukpe mí, nenye be wodzu mí alo kafu mí eye wose nyateƒe si gblɔm míele gake wogbe be yewomaxɔe o, eye wobu mí abe alakpatɔwo ene hã la, Aƒetɔ la ko míanɔ agbe na.

9Xexeametɔwo mebua mí ɖe naneke me o, gake Mawu ya nya mí nyuie. Míele kudo nu ɣesiaɣi, gake kpɔɖa, míele agbe wu nu sia nu. Wode abi mía ŋu gake mieku o. 10Míaƒe dziwo sea veve ŋutɔ eye míeléa blanui, gake Aƒetɔ la tsɔa eƒe dzidzɔ dea mía me. Míenye kesinɔtɔ le xexeamenuwo me o, gake míenaa gbɔgbɔmenunana xɔasiwo. Míedzena abe ame siwo si naneke mele o la ene gake nu sia nu nye mía tɔ to Kristo me.

11Nɔvi Korinto hametɔ lɔlɔ̃awo, meʋu nye dzime faa gblɔ nu siwo le eme la na mi. Míelɔ̃a mi ŋutɔ eya ta 12míeɣla naneke ɖe mi o, ke boŋ míelɔ̃ mi tso dzi blibo me gake ewɔ nuku ŋutɔ be mieʋu miaƒe dziwo me ɖe mía ŋu abe ale si míawo míewɔe na mi ene o. 13Azɔ la medi be maƒo nu na mi abe vinye ŋutɔ ŋutɔwo ene. Mina be miaƒe dɔme nakɔ ɖe mía ŋu, eye mialɔ̃ mí tso dzi blibo me abe ale si míelɔ̃ mii ene.

Migade ha kple dzimaxɔsetɔwo o

14Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye ale ke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me? 15Ale ke Kristo si nye dzɔdzɔetɔwo ƒe fia kple Abosam si nye nu vɔ̃ wɔlawo ƒe fia la ate ŋu awɔ ɖekae? Eye ale ke kristotɔ hã ate ŋu awɔ ɖeka kple Abosamtɔ? 16Nenema ke mele be ɖekawɔwɔ aɖeke nanɔ gbedoxɔ kple trɔ̃xɔ dome o. Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ, afi si wònɔna. Mawu ŋutɔ gblɔ bena, “Manɔ ame siwo nye tɔnyewo la dome, mazɔ le wo dome. Manye woƒe Mawu eye woawo hã woanye nye dukɔ.” 17Esia tae Aƒetɔ la gblɔ be, “Vinyewo mido go ɖa le wo dome, eye miaɖe vovo ɖa tso wo gbɔ le nu sia nu me. Migade asi woƒe nu si wo ŋuti mekɔ o, alo nu ƒoɖi siwo wowɔna la ŋuti o, ekema maxɔ mi abe tɔnyewo ene; 18manye mia Fofo eye miawo hã mianye vinye ŋutsuwo kple vinye nyɔnuwo.”

Copyright information for EweBEE